Mark 10

Yesu fia nu le srɔ̃gbegbe ŋu

(Mateo 19:1-12)

1Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le Kapernaum eye woyi dziehe lɔƒo le Yudea nutowo kple nuto si le Yɔdan ƒe ɣedzeƒe lɔƒo la me. Abe ale si wònɔna ɖaa ene la, ame hawo va ƒo zi ɖe Yesu ŋu eye wòfia nu wo abe ale si wòwɔnɛ ene.

2Faristitɔ aɖewo va egbɔ le afi sia be yewoadoe kpɔ be yewoalée le nya aɖe me hã. Wobiae be, “Woɖe mɔ na ŋutsu be wòagbe srɔ̃a?”

3Yesu trɔ bia wo be, “Ale ke Mose gblɔ tso srɔ̃gbegbe ŋuti?” 4Ameawo ɖo eŋu nɛ be, “Mose da asi ɖe srɔ̃gbegbe dzi eye nu si ko wòle be ame si di be yeagbe srɔ̃a nawɔ enye be wòaŋlɔ̃ agbalẽ na nyɔnua be yegbee.”

5Yesu ɖo eŋu be, “Le miaƒe dzimesesẽ ŋuti tae Mose de se sia na mi ɖo. 6Ke tso nuwɔwɔ ƒe gɔmedzedzea me ke la, Mawu ‘wɔ ŋutsu kple nyɔnu.’ 7‘Le esia ta ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi eye wòalé ɖe srɔ̃nyɔnua ŋuti 8eye wo kpakple eve woazu ŋutilã ɖeka.’ Eya ta womeganye ame eve o ke boŋ wozu ɖeka. 9Esia ta nu si ke Mawu bla la ame aɖeke nagamã me o.”

10Le esia megbe, esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖeɖe wonɔ aƒe si me wodze la, nusrɔ̃lawo gado srɔ̃gbenya la ɖa ake.

11Yesu gblɔ na wo be, “Nenye be ŋutsu aɖe gbe srɔ̃a be yeaɖe bubu la, ewɔ ahasi ɖe nyɔnu sia ŋu. 12Nenema ke ne nyɔnu aɖe hã gbe srɔ̃a eye wòyi ɖaɖe ŋutsu bubu la, eya hã wɔ ahasi.”

Yesu yra ɖeviwo

(Mateo 19:13-15; Luka 18:15-17)

13Gbe ɖeka esi dzila aɖewo kplɔ wo viwo va Yesu gbɔe be wòayra wo la, nusrɔ̃lawo nya wo be womegaɖe fu na Aƒetɔ la o.

14Yesu kpɔ nu si nusrɔ̃lawo wɔ ɖe dzila siawo ŋu, eye medzɔ dzi nɛ kura o. Egblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Mina ɖeviwo nava gbɔnye, eye migaxe mɔ na wo kura o, elabena ame siwo ƒomevi tɔe nye mawufiaɖuƒe la! 15Megale gbe tem ɖe edzi na mi ake abe tsã ene be, ame si metsɔ eɖokui wɔ ɖevi le Mawu gbɔ o la, mate ŋu ayi Eƒe fiaɖuƒea me gbeɖegbeɖe o.”

16Azɔ exɔ ɖeviawo ɖe eƒe abɔwo dome eye wòda asi ɖe wo dzi heyra wo.

Ɖekakpui kesinɔtɔ la

(Mateo 19:16-30; Luka 18:18-30)

17Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzra ɖo vɔ be yewoadze mɔ ayi teƒe aɖe la, ɖekakpui aɖe nɔ du dzi sesĩe va dze klo ɖe eŋkume, eye wòbiae be, “Nufiala nyui, nu ka tututue wòle be mawɔ hafi ate ŋu anyi agbe mavɔ dome?”

18Yesu biae be, “Nu ka tae nèyɔm be ame nyui ɖo? Ame aɖeke menyo o, negbe Mawu ɖeka ko. 19Azɔ le wò biabia la ŋuti la, ènya seawo xoxo. Woawoe nye be, mègawu ame o, mègawɔ ahasi o, mègafifi o, mègada alakpa o, mègaba ame o, bu fofowò kple dawò.”

20Ŋutsua gblɔ na Yesu be, “Nufiala tso nye ɖevi me ke la nyemeɖo ŋku edzi be meda le se siawo ƒe ɖeke dzi kpɔ o.”

21Ɖekakpuia ƒe nu nyo Yesu ŋu ŋutɔ ale wògblɔ nɛ be, “Nu vevi ɖeka susɔ si mèwɔ o. Yi nàlɔ wò nuwo katã yi ɖadzra eye nàtsɔ ga la ana ame dahewo bena kesinɔnuwo nanɔ asiwo le dziƒo. Le esia megbe la, va nàdze yonyeme.”

22Ɖekakpuia yrɔ esi wòse nya siawo, eƒe mo da tu zi ɖeka eye wòdzo nublanuitɔe, elabena enye kesintɔ gã aɖe.

23Esi wòdzo yina la Yesu kpɔ eyome sẽ eye wòtrɔ ɖe eƒe nusrɔlawo gbɔ gblɔ na wo be, “Asese na kesinutɔwo ŋutɔ hafi woage ɖe mawufiaɖuƒe la me!”

24Nya siawo wɔ nuku na nusrɔ̃lawo ŋutɔ. Yesu gagblɔ ake be, “Vinyewo, asesẽ na ame siwo ɖoa ŋu ɖe kesinɔnuwo ŋu la be woayi ɖe mawufiaɖuƒe la me! 25Le nyateƒe me la, anɔ bɔbɔe na kposɔ be wòato abi ƒe vo me ado go tsɔ wu be kesinɔtɔ nage ɖe mawufiaɖuƒea me.” 26Nya siawo gawɔ nuku na nusrɔ̃lawo ŋutɔ. Ale wobiae be, “Nenye be kesinɔtɔwo makpɔ ɖeɖe o ɖe, ke ame kae le xexe sia me si akpɔ ɖeɖe?”

27Yesu kpɔ wo dũ eye wògblɔ na wó be, “Esia mele bɔbɔe le amegbetɔwo gome o gake ele bɔbɔe le Mawu ya gome elabena naneke wɔwɔ mesesẽ na Mawu o.”

28Petro gblɔ na Yesu be, “Míegblẽ nu sia nu ɖi hedze yowòme.”

29Yesu gblɔ na wo be, “Mele kpe ɖom edzi na mi be, ame siwo katã gblẽ woƒe aƒewo, nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo, fofowo kple dadawo, viwo kple anyigbawo katã ɖi le lɔlɔ̃ nam ta, eye be yewoakaka mawunya ta la, 30woakpɔ woƒe aƒewo, nɔviŋutsuwo, nɔvinyɔnuwo, fofowo kple dadawo, viwo kple anyigbawo katã ɖe eteƒe zi geɖe kpakple yometiti le agbe sia me.

“Gake le agbe si gbɔna me la woakpɔ agbe mavɔ.
31Ke ame geɖe siwo nye gbãtɔwo le afi sia azu mlɔetɔwo le afi ma eye ame siwo nye mlɔetɔwo le afii la azu gbãtɔwo le afi ma.”

Yesu gblɔ nya le eƒe ku kple tsitretsitsi ŋu zi etɔ̃lia

(Mateo 20:17-19; Luka 18:31-34)

32Esi wonɔ mɔ dzi yina Yerusalem la, Yesu do ŋgɔ na eƒe nusrɔ̃lawo. Nusrɔ̃lawo ƒe mo wɔ yaa eye vɔvɔ̃ hã ɖo wo. Yesu yɔ wo ɖe kpɔe eye wògblɔ nu siwo katã ava dzɔ ɖe edzi ne woɖo Yerusalem la na wo:

33Egblɔ na wo be, “Ne míeɖo afi ma la, woalé Nye Mesia la akplɔ ayii na osɔfogãwo kple agbalẽfialawo. Ame siawo atso ku fia nam, akplɔm ade asi na Trɔ̃subɔlawo be woawum. 34Woaɖu fewu le ŋunye vevie, aɖe ta ɖe ŋunye vlodotɔe, aƒom kple atam, eye woawum. Gake le ŋkeke etɔ̃a gbe la, matsi tre tso ame kukuwo dome.”

Yakobo kple Yohanes ƒe dzimedidi

(Mateo 20:20-28)

35Azɔ Yakobo kple Yohanes Zebedeo viwo, va egbɔ va do dalĩ nɛ be, “Aƒetɔ, míedi be nàwɔ dɔmenyo aɖe na mí.”

36Yesu bia wo be, “Nu ka dɔmenyo?”

37Woɖo eŋu nɛ dzaa be, “Míedi be míanɔ fiazikpui siwo te ɖe tɔwò ŋu tututu la dzi le wò fiaɖuƒe la me. Ame ɖeka nanɔ wò ɖusime eye ame evelia nanɔ wò miame.”

38Yesu ɖo eŋu na wo be, “Mienya nu si biam miele o. Miate ŋu ano nu tso fukpekpe ƒe kplu veve si no ge mala la me eye miate ŋu anɔ te ɖe fukpekpe ƒe tsideta si de ge wole nam la hã nua?”

39Woɖo eŋu nɛ be, “Ẽ, míate ŋui.” Yesu gblɔ na wo be, “Anɔ eme be miate ŋu ano nu tso kplu veve si me mele nu no ge la me eye miate ŋu axɔ tsideta veve si xɔ ge mala, 40gake ŋusẽ mele asinye be maɖo mi zi siwo te ɖe tɔnye ŋu la dzi o, elabena wodzra wo ɖo ɖi na ame siwo wotia da ɖi la ko.”

41Nusrɔ̃lawo ewo mamleawo se nu si Yakobo kple Yohanes yi ɖabia Yesu ale wodo dɔmedzoe ɖe wo ŋu vevie. 42Le esia ta Yesu yɔ wo va egbɔe hegblɔ na wo bena, “Abe ale si mienya ene la, anyigbadzi fiawo kple amegãwo ɖua aƒetɔ ɖe wo teviwo dzi kple ŋusẽ. 43Gake meganɔ nenema le miawo ya dome o. Ame si di be yeanye gãtɔ le mia dome la ele nɛ be wòanye mi katã ƒe subɔla. 44Eye ame si di be yeanye amewo katã ƒe tatɔ la, ele nɛ be wòanye woƒe kluvi. 45Elabena, Nye, Mesia la, nyemeva afi sia be ame aɖeke nasubɔm o, ke boŋ be masubɔ amewo eye be matsɔ nye agbe na ɖe ame geɖewo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ ta.”

Yesu yɔ dɔ Bartimeo, ŋkuagbãtɔ la

(Mateo 20:29-34; Luka 18:35-43)

46Azɔ wova ɖo Yerixo. Emegbe esi woto dua me yina la, amewo nye zi bibibi kplɔ wo ɖo. Ŋkunɔ aɖe si ŋkɔe nye Bartimeo, Timeo ƒe vi la, nɔ anyi ɖe mɔto, le esime Yesu nɔ eme tsom va yina. 47Esi Bartimeo se be Yesu si tso Nazaret la, va ɖo ye gbɔ tututu la, edo ɣli sesĩe be, “Yesu David Vi, kpɔ nublanui nam!”

48Ame siwo kplɔ Yesu ɖo la dometɔ aɖewo blu ɖe eta sesĩe be, “Do to kaba.” Gake ɣlia dodo dzi ko wònɔ sesĩe wu tsã be, “Ao, David Vi lee, kpɔ nublanui nam.”

49Esi Yesu se eŋkɔ la, etɔ ɖe mɔƒoa me hegblɔ be, “Migblɔ nɛ be neva afii.” Ale woyi be yewoakplɔ ŋkunɔa vɛ. Wogblɔ nɛ be, “Wò la, dzɔgbenyuie le ŋuwò ŋutɔ, Yesu le yɔwòm, tso mídzo.” 50Eɖe eƒe awu xoxo si le eŋu la ƒu gbe eye wòɖe abla dzidzɔtɔe va do ɖe Yesu gbɔ.

51Yesu biae be, “Nuka nèdi be mawɔ na wò?” Ŋkunɔ la ɖo eŋu nɛ be, “O, Nufiala, medi vevie be makpɔ nu.”

52Yeusu gblɔ nɛ be “Enyo, ava me na wò. Wò xɔse da gbe le ŋuwò.” Ŋkunɔ la ƒe ŋkuwo ʋu enumake eye wòde asi nukpɔkpɔ me. Ale wòdze Yesu yome kple dzidzɔ manyagblɔ aɖe.

Copyright information for EweBEE